Matthew 18

Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?

(Marko 9:33-37; Luka 9:46-48)

1Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”

2Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ŋkume. 3Azɔ egblɔ na wo be, “Ne ame aɖe metsri nu vɔ̃ eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. 4Eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 5Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ma wòxɔ. 6Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye woano tsi aku boŋ.

Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana ŋu

(Marko 9:42-48; Luka 17:1-2)

7“Babaa na xexeame le nu siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ ta! Nu siawo ava eme tsã, gake babaa na ame si dzi woato ava! 8Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lãlɛ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. 9Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, ke nàyi dzo mavɔ me.

Lododo le alẽ bubu la ŋuti

(Luka 15:3-7)

10“Mikpɔ nyuie bena miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ŋkume le dziƒo ɣesiaɣi. 11Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu.

12“Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si eye ɖeka bu la ale ke wòawɔ? Ɖe magblẽ alẽ blaasieke-vɔ-asieke mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu le togbɛwo dzi oa? 13Eye nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasieke-vɔ-asieke siwo le dedie le aƒe oa? 14Nenema ke menye Fofonye ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o.

Nɔvi si dze agɔ le dziwò

(Luka 17:3)

15“Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne naɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. 16Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake be ame sia wo naɖu ɖasefo na wò. 17Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hamea, eye ne hamea tso afia na wò gake melɔ̃ ɖe edzi o la, ekema woaɖee le hame. 18Mele egblɔm na mi bena nu sia nu si miabla le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.

19“Mele egblɔm na mi hã be, ne mi ame eve miewɔ ɖeka la anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la awɔe na mi. 20Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.”

Lododo le dɔla si metsɔ nu vɔ̃ ke o la ŋuti

21Azɔ Petro te ɖe eŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye eye matsɔe akee? Zi adrea?”

22Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadrẽ teƒe adre.”

23Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo. 24Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ, ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi. 25Fenyila la mate ŋu axe fea o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ xe fe lae.

26“Ke ŋutsua dze klo ɖe fia la kɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fea katã na wò emegbe.’

27“Ŋutsua ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be wòɖe asi le eŋu eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee.

28“Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔ la bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’

29“Ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na wò.’

30“Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fea katã nɛ.

31“Ŋutsu nublanuitɔ sia ƒe xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ eye wòyi ɖaka nya la ta na fia la. 32Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, ‘Wò dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam. 33Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’

34“Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie eye wòna wodee gaxɔ me afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòxe fe siwo katã wònyi la pesewa afã hã masusɔ o. 35Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzime o.”

Copyright information for EweBEE